-
1 Samuel 2:22-25Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
22 Ke Eli tsi ku amegã, eye wòse nu siwo katã wɔm viawo le+ ɖe Israel blibo la ŋu kple ale si wole nyɔnu siwo subɔna le takpegbadɔa nu la gbɔ dɔmee.+ 23 Eye wògblɔna na wo be: “Nu ka tae miele nu siawo wɔm? Elabena nu siwo sem mele tso mia ŋu le ame sia ame nu la menyo o. 24 Ao, vinyewo, elabena nya si le ɖiɖim le Yehowa ƒe dukɔ la dome mele sesem la menyo o hee. 25 Ne amegbetɔ wɔ nu vɔ̃ ɖe nɔvia amegbetɔ ŋu la, ame aɖe aɖe kuku na Yehowa ɖe eta;* ke ne Yehowa ŋue amegbetɔ wɔ nu vɔ̃ ɖo ɖe,+ ame kae li ado gbe ɖa ɖe eta?” Ke wogbe toɖoɖo wo fofo, elabena Yehowa ɖoe be yeawu wo.+
-