18 Subɔviawo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, mekpɔ Isai, Betlehemtɔ la ƒe viwo dometɔ ɖeka si bi ɖe saŋkuƒoƒo me, dzi le eƒo eye wònye aʋakalẽtɔ.+ Enya nuƒoƒo, eye wòdze ɖeka hã,+ eye Yehowa li kplii.”+ 19 Eye Saul dɔ ame ɖo ɖe Isai gbɔ be woagblɔ nɛ be: “Ðo viwò David, si le lãhawo gbɔ la ɖem.”+