18 Nu si mekpɔ be enyo eye wòsɔ ye nye esi: be ame naɖu nu ano nu eye wòakpɔ dzidzɔ le dɔ sesẽ+ siwo katã ŋu wògbla ɖo wɔ le ɣea te le eƒe agbemeŋkeke ʋɛ siwo Mawu vavã la tsɔ nɛ me la me, elabena esiae nye eƒe fetu.*+
15 Eya ta mekafu dzidzɔkpɔkpɔ,+ elabena naneke menyo na amegbetɔ le ɣea te wu be wòaɖu nu ano nu ahakpɔ dzidzɔ o; ele be esia nakplɔe esi wòle dɔ wɔm veviedodotɔe le eƒe agbemeŋkeke+ siwo Mawu vavã la nɛ le ɣea te la me.