22 Eye mekpɔ be, naneke menyo wu be amegbetɔ nakpɔ dzidzɔ tso eƒe dɔwɔwɔwo me o,+ elabena emae nye eƒe viɖe;* elabena ame kae ate ŋu ana wòakpɔ nu si ava dzɔ le eƒe ku megbe?+
18 Nu si mekpɔ be enyo eye wòsɔ ye nye esi: be ame naɖu nu ano nu eye wòakpɔ dzidzɔ le dɔ sesẽ+ siwo katã ŋu wògbla ɖo wɔ le ɣea te le eƒe agbemeŋkeke ʋɛ siwo Mawu vavã la tsɔ nɛ me la me, elabena esiae nye eƒe fetu.*+
9 Ðu agbe kple srɔ̃wò lɔlɔ̃a+ le wò agbemeŋkeke ƒuƒlu siwo katã Mawu na wò le ɣea te la me, si nye wò toflokogbenɔnɔ la katã me, elabena emae nye tɔwò gome le agbe me, le wò kutrikuku le ɣea te la me.+