-
Nyagblɔla 3:19, 20Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
19 elabena nu ɖeka tɔgbi ye dzɔna ɖe amegbetɔwo kple lãwo siaa dzi.+ Ale si esiawo kunae la, nenemae ekemɛawo hã kunae; gbɔgbɔ ɖekae le wo katã si.+ Eya ta amegbetɔ mexɔ asi wu lã o, elabena nu sia nu nye tofloko. 20 Wo katã woyina teƒe ɖeka.+ Anyi me wo katã wotso,+ eye anyie wo katã woagatrɔ azu.+
-
-
Nyagblɔla 9:2, 3Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
2 Nu ɖeka tɔgbi ye dzɔna ɖe amewo katã dzi,+ ɖe ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi dzi,+ ɖe ame nyui kple ame dzadzɛ kpakple ame si mele dzadzɛ o dzi, ɖe ame siwo saa vɔ kple ame siwo mesaa vɔ o siaa dzi. Nu nyui wɔla kple nu vɔ̃ wɔla sɔ; ame si kaa atam kple ame si ɖɔa ŋu ɖo hafi kaa atam la sɔ. 3 Esiae nye dzigbãnya aɖe si dzɔna le ɣea te: Esi wònye nu ɖeka tɔgbi ye dzɔna ɖe amewo katã dzi+ mlɔeba tae amegbetɔviwo ƒe dzi yɔ fũu kple nu baɖa wɔwɔ ɖo; eye tsukunuwɔwɔ le dzi me na wo le woƒe agbenɔɣi kaka wotsɔ kuna!*
-
-
Nyagblɔla 9:11Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
11 Megakpɔ nu bubu aɖe hã le ɣea te, be dziɖuɖu le duɖimekeke me mele afɔ ɖeablɛ me ɣesiaɣi o, dziɖuɖu le aʋa me mele kalẽwɔwɔ me ɣesiaɣi o,+ nuɖuɖukpɔkpɔ mele nunyanya me ɣesiaɣi o, kesinɔnukpɔkpɔ mele tagbɔ ɖaɖɛ me ɣesiaɣi o,+ eye dzidzedzekpɔkpɔ mele sidzedze me ɣesiaɣi o,+ elabena azãgbe kple nuɖiɖeame li na wo katã.
-