INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 1 Fiawo 19:2
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 2 Eye Izebel dɔ ame ɖo ɖe Eliya be: “Mawuwo nefiam ne woagafiam ɖe edzi, ne nyemewɔ wò* etsɔ ɣealewoɣi abe wo dometɔ ɖeka ene o fĩ!”

  • 1 Fiawo 19:4
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 4 Eye wòzɔ ŋkeke ɖeka ƒe mɔ yi gbedzi, eye wòva bɔbɔ nɔ ati dodoe aɖe te. Eye wòbia be yeaku* hegblɔ be: “Esɔ gbɔ! Oo Yehowa, ɖe nye agbe* ɖa azɔ,+ elabena nyemenyo wu tɔgbuinyewo o.”

  • Yeremiya 20:17, 18
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 17 Nu ka tae mewum ɖe vidzidɔ me,

      Ne danye nazu yɔdo nam,

      Eye nye fu natsi eƒo tegbee o?+

      18 Nu ka tae medo tso vidzidɔ me,

      Be manɔ ayaɖuɖu kple nuxaxa dzi ɖaa,

      Eye nye ŋkekewo nawu enu ɖe ŋukpe me?+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe