2 Ke mieléa fu nyui,+ eye mielɔ̃a vɔ̃;+
Mievuvua ayi le amewo ŋuti, eye miefloa lã le woƒe ƒuwo ŋu.+
3 Mieɖua nye dukɔ ƒe lã hã,+
Mievuvua ayi le wo ŋuti,
Miegbãa woƒe ƒuwo nyanyanya,+
Abe nu si woɖa le ze me ene, abe lãkɔ le nuɖaze me ene.
4 Ɣemaɣi la, woayɔ Yehowa be wòaxɔ na yewo,
Gake matɔ na wo o.
Aɣla mo ɖe wo ɣemaɣi+
Le woƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo ta.+