Yesaya 60:18 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 18 Womagase ŋutasesẽ ŋkɔ le wò anyigba dzi azɔ o,Eye womagase gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ ŋkɔ le wò liƒowo dzi o.+ Àyɔ wò gliwo be Xɔname+ kple wò agbowo be Kafukafu. Yesaya 65:22 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 22 Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o,Womaƒã nu ame bubu naɖu o. Elabena ale si ati tsinae la, nenemae nye amewo ƒe agbemeŋkekewo anɔ,+Eye nye ame tiatiawo ase vivi na woawo ŋutɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwo bliboe. Yeremiya 23:6 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 6 Woaɖe Yuda le eŋɔli,+ eye Israel anɔ anyi le dedienɔnɔ me.+ Ŋkɔ si woayɔ nɛ ye nye: Yehowae Nye Míaƒe Dzɔdzɔenyenye.”+ Ezekiel 34:25 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 25 “‘“Mabla ŋutifafa ƒe nu kpli wo,+ eye maɖe lã wɔadãwo ɖa le anyigba la dzi,+ ale be woanɔ dedie le gbegbe, eye woatsi avewo me adɔ.+ Hosea 2:18 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 18 Gbe ma gbe mabla nu kple gbemelãwo,+Dziƒoxe dzodzoewo kple nu siwo tana le anyigba dzi;+Maɖe dati kple yi kpakple aʋawɔwɔ ɖa le anyigba la dzi,+Eye mana woatsyɔ akɔ ɖi bɔkɔɔ.*+
18 Womagase ŋutasesẽ ŋkɔ le wò anyigba dzi azɔ o,Eye womagase gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ ŋkɔ le wò liƒowo dzi o.+ Àyɔ wò gliwo be Xɔname+ kple wò agbowo be Kafukafu.
22 Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o,Womaƒã nu ame bubu naɖu o. Elabena ale si ati tsinae la, nenemae nye amewo ƒe agbemeŋkekewo anɔ,+Eye nye ame tiatiawo ase vivi na woawo ŋutɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwo bliboe.
6 Woaɖe Yuda le eŋɔli,+ eye Israel anɔ anyi le dedienɔnɔ me.+ Ŋkɔ si woayɔ nɛ ye nye: Yehowae Nye Míaƒe Dzɔdzɔenyenye.”+
25 “‘“Mabla ŋutifafa ƒe nu kpli wo,+ eye maɖe lã wɔadãwo ɖa le anyigba la dzi,+ ale be woanɔ dedie le gbegbe, eye woatsi avewo me adɔ.+
18 Gbe ma gbe mabla nu kple gbemelãwo,+Dziƒoxe dzodzoewo kple nu siwo tana le anyigba dzi;+Maɖe dati kple yi kpakple aʋawɔwɔ ɖa le anyigba la dzi,+Eye mana woatsyɔ akɔ ɖi bɔkɔɔ.*+