-
5 Mose 4:25, 26Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
25 “Ne èdzi viwo kple tɔgbuiyɔviwo, eye miele anyigba la dzi eteƒe didi, eye miewɔ nu gbegblẽ hewɔ legba+ aɖe, eye miewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa mia Mawu la ŋkume tsɔ do dziku nɛ la,+ 26 ekema dziƒo kple anyigba nye ɖasefowo nam ɖe mia ŋu egbea, be mia nu ayi kaba ŋutɔ le anyigba si dzi mietso Yordan yina be miaxɔe wòazu mia tɔ la dzi. Mianɔ anyigba la dzi eteƒe nadidi o, elabena miatsrɔ̃ avɔ keŋkeŋ.+
-
-
Ezekiel 20:8Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
8 “‘“Gake wodze aglã ɖe ŋunye, eye wogbe toɖoɖom. Wometsɔ ŋunyɔnu siwo le woƒe ŋkuta la ƒu gbe o, eye womegbe nu le Egipte ƒe legba nyɔŋuawo gbɔ o.+ Eya ta meɖoe be matrɔ nye dɔmedzoe akɔ ɖe wo dzi, ne maɖe nye dziku blibo la ɖe wo ŋu le Egipte-nyigba dzi.
-