Yesaya 28:7 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 7 Wain na ame siawo hã tra mɔ;Woƒe aha muame na wole yiyim sagasaga. Aha muame na nunɔla kple nyagblɔɖila siaa tra mɔ;Wain na wotɔtɔ,Aha muame na wole yiyim sagasaga;Wotra le woƒe ŋutegakpɔkpɔ me,Woƒe nyametsotsowo tro.+ Yeremiya 5:31 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 31 Nyagblɔɖilawo gblɔa alakpanya ɖi;+Eye nunɔlawo zãa woƒe ŋusẽ tsɔ ɖua aƒetɔ ɖe amewo dzi. Eye wòdze nye dukɔ ŋu alea.+ Ke nu kae miawɔ ne nuwuwu la va?” Yeremiya 6:13 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 13 “Elabena wo katã woklẽa ŋu ɖe viɖe madzɔmadzɔ kpɔkpɔ ŋuti, tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi;+Tso nyagblɔɖilawo dzi va ɖo nunɔlawo dzi, wo katã wotafaa ame.+ Ezekiel 22:25 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 25 Eƒe nyagblɔɖilawo ɖo nugbe le eme,+ wole abe dzata si le gbe ɖem hele nu si wòlé la vuvum ene.+ Wole amewo* vuvum. Woxɔa kesinɔnuwo kple nu xɔasiwo sesẽe. Wona ahosiwo sɔ gbɔ ɖe eme. Zefaniya 3:4 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 4 Eƒe nyagblɔɖilawo doa wo ɖokui ɖe dzi, eye wonye alakpanuwɔlawo.+ Eƒe nunɔlawo gblẽa kɔ ɖo na nu kɔkɔewo;+Wodaa se la dzi.+
7 Wain na ame siawo hã tra mɔ;Woƒe aha muame na wole yiyim sagasaga. Aha muame na nunɔla kple nyagblɔɖila siaa tra mɔ;Wain na wotɔtɔ,Aha muame na wole yiyim sagasaga;Wotra le woƒe ŋutegakpɔkpɔ me,Woƒe nyametsotsowo tro.+
31 Nyagblɔɖilawo gblɔa alakpanya ɖi;+Eye nunɔlawo zãa woƒe ŋusẽ tsɔ ɖua aƒetɔ ɖe amewo dzi. Eye wòdze nye dukɔ ŋu alea.+ Ke nu kae miawɔ ne nuwuwu la va?”
13 “Elabena wo katã woklẽa ŋu ɖe viɖe madzɔmadzɔ kpɔkpɔ ŋuti, tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi;+Tso nyagblɔɖilawo dzi va ɖo nunɔlawo dzi, wo katã wotafaa ame.+
25 Eƒe nyagblɔɖilawo ɖo nugbe le eme,+ wole abe dzata si le gbe ɖem hele nu si wòlé la vuvum ene.+ Wole amewo* vuvum. Woxɔa kesinɔnuwo kple nu xɔasiwo sesẽe. Wona ahosiwo sɔ gbɔ ɖe eme.
4 Eƒe nyagblɔɖilawo doa wo ɖokui ɖe dzi, eye wonye alakpanuwɔlawo.+ Eƒe nunɔlawo gblẽa kɔ ɖo na nu kɔkɔewo;+Wodaa se la dzi.+