INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 1 Fiawo 7:15
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 15 Elólo akɔbli tsɔ wɔ sɔti eveawo;+ ɖe sia ɖe kɔ abɔklugui wuienyi, eye ka didime abɔklugui wuieve ye akpe sɔtiawo dometɔ ɖe sia ɖe ɖo.+

  • 2 Fiawo 25:17
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 17 Sɔti ɖe sia ɖe ƒe kɔkɔme le abɔklugui* wuienyi,+ eye ta si le edzi la nye akɔbli; ta la ƒe kɔkɔme nye abɔklugui etɔ̃, gaɖɔ la kple yevuboɖa siwo le ta la ŋu godoo va kpe la katã nye akɔbli.+ Sɔti evelia kple eƒe gaɖɔ la hã le nenema.

  • 2 Kronika 4:11, 12
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 11 Eye Hiram wɔ dzofilɔgbaawo kple sofiawo kpakple agba goboeawo.+

      Ale Hiram wu dɔ si wɔm wònɔ na Fia Salomo le Mawu vavã la ƒe aƒea ŋu la nu.+ 12 Ewɔ sɔti+ eveawo kple ta mligo siwo le sɔti eveawo dzi; eye wòwɔ gaɖɔ+ eve siwo atsyɔ ta mligo eve siwo le sɔtiawo dzi la ŋu;

  • Yeremiya 52:21
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 21 Sɔtiawo dometɔ ɖe sia ɖe kɔ abɔklugui* wuienyi, eye ka abɔklugui wuieve ate ŋu akpee ɖo,+ eƒe titrime le asibidɛ ene* ƒe kekeme, eye to le eme.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe