INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 2 Fiawo 21:16
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 16 Manase kɔ ʋu maɖifɔ geɖe ŋutɔ hã ɖi, wòyɔ Yerusalem tso eƒe go ɖeka me va se ɖe go kemɛ me+ hekpe ɖe eƒe nu vɔ̃ si wòtsɔ he Yuda de nu vɔ̃ me ale be wowɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume la ŋuti.

  • 2 Fiawo 24:3, 4
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 3 Yehowa ƒe nya nue esia va Yuda dzi ɖo, ne wòaɖee ɖa le eƒe ŋkuta,+ le Manase ƒe nu vɔ̃ siwo katã wòwɔ la ta,+ 4 hekpe ɖe ʋu maɖifɔ si wòkɔ ɖi,+ si na wòtsɔ ʋu maɖifɔ yɔ Yerusalem taŋ la hã ta, eya ta Yehowa gbe be yematsɔe ake o.+

  • Yeremiya 2:34
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 34 Wokpɔ ame* maɖifɔ dahewo ƒe ʋu le wò awuwo ŋu,+

      Togbɔ be nyemekpɔ wo wonɔ fi fim o hã;

      Ʋu xɔ wò awuwo katã me keŋ.+

  • Ezekiel 9:9
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 9 Eye wògblɔ nam be: “Israel ƒe aƒe kple Yuda ƒe vodada sɔ gbɔ ŋutɔ.+ Ʋukɔkɔɖi yɔ anyigba la dzi,+ eye nu fitifiti wɔwɔ yɔ dua me fũu.+ Elabena wogblɔ be, ‘Yehowa gblẽ anyigba la ɖi, eye Yehowa mele ekpɔm o.’+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe