Yeremiya 49:1 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 49 Ðe Amonitɔwo ŋu,+ ale Yehowa gblɔe nye esi: “Ðe viŋutsu aɖeke mele Israel si oa? Ðe domenyila aɖeke mele esi oa? Nu ka tae Malkam+ xɔ Gad wòzu etɔ?+ Eye nu ka tae eƒe amewo le Israel ƒe duwo me?” Amos 1:13 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 13 Ale Yehowa gblɔe nye esi:‘“Le Amonitɔwo+ ƒe aglãdzenuwɔna etɔ̃ kple eneawo ta la, nyemagbugbɔ nye asi ɖe megbe o,Elabena wodze ƒo le Gilead-funɔwo nu, ne woakeke woƒe anyigba ɖe enu.+ Zefaniya 2:9 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 9 Eya ta zi ale si mele agbe la,” aʋakɔwo ƒe Yehowa,* Israel ƒe Mawu lae gblɔe,“Moab azu abe Sodom ene,Amon azu abe Gomora ene,Eye woazu ŋuve, dzeʋe kple gbegbe tegbee. Nye dukɔ ƒe ame siwo kpɔtɔ la aha wo,Eye nye dukɔ ƒe ame susɔeawo axɔ wo wòazu wo tɔ.
49 Ðe Amonitɔwo ŋu,+ ale Yehowa gblɔe nye esi: “Ðe viŋutsu aɖeke mele Israel si oa? Ðe domenyila aɖeke mele esi oa? Nu ka tae Malkam+ xɔ Gad wòzu etɔ?+ Eye nu ka tae eƒe amewo le Israel ƒe duwo me?”
13 Ale Yehowa gblɔe nye esi:‘“Le Amonitɔwo+ ƒe aglãdzenuwɔna etɔ̃ kple eneawo ta la, nyemagbugbɔ nye asi ɖe megbe o,Elabena wodze ƒo le Gilead-funɔwo nu, ne woakeke woƒe anyigba ɖe enu.+
9 Eya ta zi ale si mele agbe la,” aʋakɔwo ƒe Yehowa,* Israel ƒe Mawu lae gblɔe,“Moab azu abe Sodom ene,Amon azu abe Gomora ene,Eye woazu ŋuve, dzeʋe kple gbegbe tegbee. Nye dukɔ ƒe ame siwo kpɔtɔ la aha wo,Eye nye dukɔ ƒe ame susɔeawo axɔ wo wòazu wo tɔ.