-
Hebritɔwo 9:11, 12Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
11 Ke esime Kristo va abe nu nyui siwo va li la ƒe nunɔlagã ene la, ege ɖe agbadɔ si lolo wu hede blibo wu, esi wometsɔ asi tu o, si fia be menye nuwɔwɔ sia ƒe akpa aɖeke o, la me. 12 Menye gbɔ̃wo kple nyitsuwo ƒe ʋu ye wòtsɔ ge ɖe kɔkɔeƒe la zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu o, ke boŋ eya ŋutɔ ƒe ʋu+ ye, eye wòxɔ ɖeɖekpɔkpɔ mavɔ vɛ na mí.*+
-
-
Hebritɔwo 10:8-10Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
8 Egblɔ gbã be: “Menye vɔsawo kple nunanawo kple numevɔsa blibowo kpakple nuvɔ̃vɔsawoe nèdina o, eye womedzea ŋuwò hã o”—vɔ siwo wosana le Se la nue wòwɔnɛ— 9 emegbe egagblɔ be: “Kpɔ ɖa! Meva ɖo be mawɔ wò lɔlɔ̃nu.”+ Eɖe nu gbãtɔ la ɖa, be wòaɖo evelia anyi. 10 Le eƒe “lɔlɔ̃nu”+ sia nu la, wokɔ mía ŋu to Yesu Kristo ƒe ŋutilã si wotsɔ na zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu la dzi.+
-