36 Yesu ɖo eŋu be:+ “Nye Fiaɖuƒe menye xexe sia ƒe akpa aɖeke o.+ Ne ɖe nye Fiaɖuƒe nye xexe sia ƒe akpa aɖe la, anye ne nye dɔlawo wɔ avu be woagatsɔm ade asi na Yudatɔwo o.+ Ke abe ale si wòle ene la, nye Fiaɖuƒe metso afi sia o.”
15 Azɔ mawudɔla adrelia ku eƒe kpẽ la.+ Eye gbe gãwo ɖi le dziƒo le gbɔgblɔm be: “Xexemefiaɖuƒe la trɔ zu mía Aƒetɔ+ kple eƒe Kristo+ la ƒe Fiaɖuƒe, eye aɖu fia tso mavɔ me yi mavɔ me.”+
6 Dzidzɔtɔ kple kɔkɔetɔe nye ame si kpɔ gome le tsitretsitsi gbãtɔ+ la me; ku evelia+ mekpɔ ŋusẽ+ ɖe ame siawo dzi o, ke boŋ woanye Mawu kple Kristo ƒe nunɔlawo,+ eye woaɖu fia kplii ƒe akpe ɖeka.+