-
5 Mose 7:6-8Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
6 Elabena dukɔ kɔkɔe nènye na Yehowa wò Mawu, eye Yehowa wò Mawu tia wò nèzu eƒe dukɔ kple eƒe nunɔamesi tɔxɛ* le dukɔ siwo katã le anyigba dzi la dome.+
7 “Menye esi miesɔ gbɔ wu le dukɔwo katã dome tae Yehowa lɔ̃ mi, eye wòtia mi ɖo o,+ elabena miawoe le ʋɛ wu le dukɔwo katã dome.+ 8 Ke boŋ esi Yehowa lɔ̃ mi, eye wòwɔ atam si wòka na mia tɔgbuiwo+ dzi la tae Yehowa tsɔ asi sesẽ kplɔ mi dzoe heɖe mi tso kluviƒe me,+ tso Egipte-fia Farao ƒe ŋusẽ* te ɖo.
-