21 Eye ne ame* aɖe ŋuti ka nu makɔmakɔ aɖe ŋu, eɖanye ame ƒe nu makɔmakɔ+ aɖe alo lã makɔmakɔ+ aɖe alo nu makɔmakɔ nyɔŋu+ aɖe o, eye wòɖu ŋutifafavɔsalã si nye Yehowa tɔ la ƒe ɖe la, woatsrɔ̃ ame* ma ɖa le eƒe dukɔmeviwo dome.’”
2 “De se na Israel-viwo be woaɖe anyidɔlélawo*+ katã kple ame sia ame si ŋu tsi le dodom le+ kpakple ame sia ame si ka asi ame* kuku aɖe ŋu heƒo ɖi eɖokui+ la ɖa le asaɖa la me. 3 Eɖanye ŋutsu alo nyɔnu o, miɖe wo ɖa. Mina woayi asaɖa la godo, be woagaƒo ɖi+ dukɔ si dome mele la ƒe asaɖawo o.”+
6 Ke ame aɖewo ka asi ame kuku*+ ŋu tsɔ ƒo ɖi wo ɖokuiwo, si wɔe be womete ŋu ɖu Ŋutitotovɔsalã la gbe ma gbe o. Eya ta wova Mose kple Aron gbɔ gbe ma gbe,+
19 Ke mitsi asaɖa la godo ŋkeke adre. Ame sia ame si wu ame* aɖe alo ame sia ame si ka asi ame si wowu ŋu+ la, nakɔ eɖokui ŋu+ le ŋkeke etɔ̃a gbe kple ŋkeke adrea gbe, mia kple miaƒe aboyomeawo siaa.