INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Psalmo 22:27
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 27 Anyigba ƒe mlɔenuwo katã aɖo ŋku Yehowa dzi, eye woatrɔ ɖe eŋu.

      Dukɔwo ƒe ƒomewo katã ade ta agu ɖe ŋkuwòme.+

  • Yesaya 2:2, 3
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    •  2 Le ŋkeke mamlɛawo me la,*

      Yehowa ƒe aƒe ƒe to la

      Ali ke sesĩe, akɔ ta agbɔ towo ŋu,+

      Eye wòakɔ aƒo togbɛwo ta,

      Eye dukɔwo katã aƒo zi ɖe eŋu.+

       3 Eye dukɔ geɖewo ava agblɔ be:

      “Miva míayi Yehowa ƒe to la dzi,

      Míayi Yakob ƒe Mawu ƒe aƒe la me.+

      Afia eƒe mɔwo mí,

      Eye míazɔ eƒe toƒewo.”+

      Elabena sedede* atso Zion,

      Eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem.+

  • Yesaya 11:10
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 10 Gbe ma gbe Isai ƒe ke ado+ anye dzesi na dukɔwo.+

      Dukɔwo adi mɔfiame* tso egbɔ,+

      Eye eƒe gbɔɖemeƒe azu atsyɔ̃.

  • Yesaya 55:5
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    •  5 Kpɔ ɖa! Àyɔ dukɔ si mènya o la avɛ,

      Eye dukɔ si menya wò o la me tɔwo anɔ du dzi ava gbɔwò

      Le Yehowa wò Mawu+ kple Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ta,

      Elabena ade bubu ŋuwò.+

  • Yesaya 60:3
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    •  3 Dukɔwo ava wò kekeli la gbɔ,+

      Eye fiawo+ ava wò atsyɔ̃* ƒe keklẽ la gbɔ.+

  • Hosea 1:10
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 10 “Israel-viwo ƒe xexlẽme anɔ abe ƒutake, si womate ŋu adzidze alo axlẽ o ene.+ Eye afi si wogblɔ na wo le be, ‘Menye nye dukɔe mienye o’+ la, woagblɔ na wo le afi ma be, ‘Mawu gbagbe la ƒe viwo mienye.’+

  • Mika 4:2
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    •  2 Eye dukɔ geɖewo ava agblɔ be:

      “Miva míayi Yehowa ƒe to la dzi,

      Míayi Yakob ƒe Mawu ƒe aƒe la me.+

      Afia eƒe mɔwo mí,

      Eye míazɔ eƒe toƒewo.”

      Elabena sedede* atso Zion,

      Eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem.

  • Hagai 2:7
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 7 “‘Maʋuʋu dukɔwo katã, eye dukɔwo katã ƒe nu vevitɔwo* ava;+ eye matsɔ ŋutikɔkɔe ayɔ xɔ sia taŋ,’+ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe