-
Luka 11:9-13Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
9 Eya ta mele egblɔm na mi be, minɔ ebiabia dzi,+ eye woana mi; minɔ edidi dzi, eye miakpɔe; minɔ ʋɔƒoƒo dzi, eye woaʋui na mi.+ 10 Elabena ame sia ame si le nu biam la, exɔnɛ;+ ame sia ame si le nu dim la, ekpɔnɛ; eye ame sia ame si le ʋɔ ƒom la, woaʋui nɛ. 11 Le nyateƒe me la, vifofo kae le mia dome si ne via bia tɔmelãe la, wòatsɔ da ade esi ɖe tɔmelã teƒe?+ 12 Alo ne ebia koklozii la, wòatsɔ dziɖegbe* anɛ? 13 Eya ta ne mi ame vɔ̃ɖiwo kura gɔ̃ hã, mienya ale si miana nu nyuiwo mia viwo la, ɖe Fofo si le dziƒo la mana gbɔgbɔ kɔkɔe ame siwo bianɛ la geɖe wu oa?”+
-