INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Marko 1:29-34
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 29 Ale wodzo le ƒuƒoƒea yi Simon kple Andrea ƒe me, eye Yakobo kple Yohanes kpe ɖe wo ŋu.+ 30 Ke asrã lé Simon lɔ̃xo+ wòle anyimlɔƒe, eye enumake wogblɔ nyɔnua ŋu nya nɛ. 31 Eyi egbɔ, eye wòlé eƒe alɔnu wòfɔ, ale asrã la dzo le edzi, eye wòsubɔ wo.

      32 Esi fiẽ ɖo, eye ɣe ɖo to la, amewo kplɔ dɔnɔwo kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la va egbɔ;+ 33 eye du bliboa va ƒo ƒu ɖe ʋɔtrua nu tututu. 34 Eda dɔ na ame geɖe siwo ŋu dɔléle vovovowo le,+ eye wònya gbɔgbɔ vɔ̃ geɖewo do goe, ke meɖea mɔ na gbɔgbɔ vɔ̃awo be woaƒo nu o, elabena wonya be eyae nye Kristo.*

  • Luka 4:38-41
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 38 Esi wòdzo le ƒuƒoƒea la, eva Simon ƒe me. Ke asrã* sesẽ aɖe lé Simon lɔ̃xo, eye woɖe kuku nɛ be wòakpe ɖe eŋu.+ 39 Yesu tsi tsitre, ebi ɖe edzi, eye wòblu ɖe asrã la ta, eye asrã la dzo le edzi. Enumake nyɔnua fɔ hede asi wo subɔsubɔ me.

      40 Ke esi ɣe le to ɖom la, ame siwo si dɔ vovovo lélawo le la kplɔ wo va egbɔ. Eda eƒe asiwo ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe dzi heda dɔa na wo.+ 41 Gbɔgbɔ vɔ̃wo hã doa go le ame geɖewo me hedoa ɣli be: “Wòe nye Mawu ƒe Vi la.”+ Ke ekaa mo na wo, eye meɖea mɔ na wo be woaƒo nu o,+ elabena wonya be eyae nye Kristo la.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe