INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Marko 9:33-37
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 33 Azɔ wova Kapernaum. Esi wòle aƒe me la, ebia wo be: “Nya ka ʋlimee mienɔ le mɔa dzi?”+ 34 Wozi kpi, elabena esime wonɔ mɔa dzi la, wonɔ nya ʋlim le wo nɔewo dome le ame si nye gãtɔ la ŋuti. 35 Eya ta ebɔbɔ nɔ anyi, eye wòyɔ Ame Wuieveawo gblɔ na wo be: “Ne ame aɖe di be yeanye gbãtɔ la, ele nɛ be wòanye amewo katã ƒe mlɔetɔ kple wo katã ƒe subɔla.”+ 36 Ekplɔ ɖevi sue aɖe va wo dome, ekpla asi kɔ nɛ, eye wògblɔ na wo be: 37 “Ame sia ame si xɔ ɖevi+ siawo dometɔ ɖeka le nye ŋkɔ ta la, exɔ nye hã; eye ame sia ame si xɔm la, menye nye koe wòxɔ o, ke exɔ Ame si dɔm ɖa la hã.”+

  • Luka 9:46-48
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 46 Azɔ nyaʋiʋli ɖo wo dome le wo dometɔ si nye gãtɔ la ŋuti.+ 47 Esi Yesu nya woƒe dzimesusuwo ta la, ekplɔ ɖevi aɖe vɛ hena wòtɔ ɖe egbɔ, 48 eye wògblɔ na wo be: “Ame sia ame si xɔa ɖevi sia le nye ŋkɔ ta la, exɔa nye hã; eye ame sia ame si xɔam la, exɔa Ame si dɔm ɖa la hã.+ Elabena ame si wɔa eɖokui suetɔ le mi katã mia dome lae nye gãtɔ.”+

  • Luka 22:24
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 24 Azɔ nyaʋiʋli sesẽ aɖe hã ɖo wo dome le wo dometɔ si nye gãtɔ la ŋuti.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe