14 Eye miebia be: ‘Nu ka tae?’ Esi Yehowa ŋutɔ nye ɖasefo ɖe ŋuwò, le esi mèwɔ nuteƒe na wò ɖekakpuimesrɔ̃ o ta, evɔ wò zɔhɛ kple nyɔnu si nèbla nu kplii* wònye hafi.+
32 Ke nye la, mele egblɔm na mi be, ame si gbe srɔ̃a ne menye le ahasiwɔwɔ* ta o la, ede nyɔnua ahasiwɔwɔ ƒe tetekpɔ me, eye ame sia ame si ɖe nyɔnu si wogbe la, ewɔ ahasi.+
3 Eya ta ne srɔ̃a le agbe hafi wòva zu ŋutsu bubu tɔ la, woayɔe be ahasiwɔla.+ Ke ne srɔ̃a ku la, ekema evo tso eƒe se la me, ale be ne eva zu ŋutsu bubu tɔ la, meganye ahasiwɔla o.+