21 Esi wòdzo le afi ma la, ekpɔ nɔviŋutsu eve bubu, Yakobo kple nɔvia Yohanes,+ siwo nye Zebedeo viwo. Wo kple wo fofo Zebedeo wole tɔdziʋu me le woƒe ɖɔ vuvuwo sam, eye wòyɔ wo.+
55 Eye nyɔnu geɖe siwo dze Yesu yome tso Galilea henɔ esubɔm la hã le adzɔge le nu kpɔm;+56 wo dometɔ aɖewoe nye Maria Magdalatɔ kple Maria, si nye Yakobo kple Yose dada, kpakple Zebedeo viwo+ dada.