25 “Eye dzesiwo ado ɖe ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo me,+ eye ŋɔdzi alé dukɔwo vevie le anyigba dzi, eye woatɔtɔ le atsiaƒu ƒe gbeɖeɖe kple eƒe agbodzedze ta. 26 Amewo aku ƒenyi le vɔvɔ̃ kple mɔkpɔkpɔ na nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge le anyigba bliboa dzi la ta, elabena woaʋuʋu dziƒowo ƒe ŋusẽwo.