-
Marko 14:12-16Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
12 Ke le Amɔwɔ Maʋamaʋã Bolo Ŋkekenyui+ la ƒe ŋkeke gbãtɔ, si dzi wotsɔa ŋutitotolãa+ saa vɔe le dzi la, eƒe nusrɔ̃lawo biae be: “Afi kae nèdi be míadzra ɖo na wò be nàɖu ŋutitotoa le?”+ 13 Ale wòdɔ eƒe nusrɔ̃la eve gblɔ na wo be: “Miyi ɖe dua me, eye ŋutsu aɖe si tsɔ tsize la ado go mi. Midze eyome,+ 14 eye aƒe si me wòage ɖo la, migblɔ na aƒea tɔ be, ‘Nufiala be: “Afi kae amedzroxɔ si me nye kple nye nusrɔ̃lawo míaɖu ŋutitotoa le la le?”’ 15 Afia xɔ gã aɖe si le dziƒoxɔ dzi, si me woɖo nuwo ɖo xoxo la mi. Midzra afi ma ɖo na nua ɖuɖu.” 16 Eya ta nusrɔ̃laawo do go yi dua me, eye wokpɔe abe ale si tututu wògblɔe na wo ene; eye wodzra ɖo ɖe Ŋutitotoŋkekenyui la ŋu.
-
-
Luka 22:7-13Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
7 Amɔwɔ Maʋamaʋã Bolo Ŋkekenyuia ƒe ŋkeke si dzi wòle be woatsɔ ŋutitotolã la asa vɔe le la ɖo;+ 8 eya ta Yesu dɔ Petro kple Yohanes gblɔ be: “Miheyi ɖadzra ŋutitotoa ɖo na mí ne míaɖu.”+ 9 Wobiae be: “Afi kae nèdi be míadzrae ɖo le?” 10 Eɖo eŋu na wo be: “Kpɔ ɖa! Ne miege ɖe dua me la, ŋutsu aɖe si tsɔ tsize la ado go mi. Midze eyome yi aƒe si me wòage ɖo la me.+ 11 Eye migblɔ na aƒea tɔ be, ‘Nufiala be míabia wò be: “Afi kae amedzroxɔ si me nye kple nye nusrɔ̃lawo míaɖu Ŋutitotoa le la le?”’ 12 Eye ame ma afia xɔ gã aɖe mi le dziƒoxɔ dzi, si me xɔmenuwo le. Midzrae ɖo le afi ma.” 13 Ale woyi, eye wokpɔe abe ale si tututu wògblɔe na wo ene, eye wodzra ɖo ɖe Ŋutitotoŋkekenyui la ŋu.
-