-
Luka 22:67-71Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
67 “Ne wòe nye Kristo la, ekema gblɔe na mí.”+ Ke eɖo eŋu na wo be: “Ne megblɔe na mi hã la, miele exɔ ge ase o. 68 Eye ne mebia nya mi la, miele eŋu ɖo ge o. 69 Gake tso fifia dzi la, Amegbetɔvi+ la anɔ anyi ɖe Mawu ŋusẽtɔ la ƒe ɖusime.”*+ 70 Ale wo katã wobiae be: “Ekema wòe nye Mawu ƒe Vi la?” Eɖo eŋu na wo be: “Eyae nye ema gblɔm miawo ŋutɔwo miele.” 71 Wogblɔ be: “Ðaseɖiɖi bubu kae gahiã mí? Elabena míawo ŋutɔwo míesee tso eya ŋutɔ ƒe nu me.”+
-