-
Mateo 8:24-27Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
24 Kpɔ ɖa, ya sesẽ aɖe ƒo le ƒua dzi, eye ƒutsotsoewo le ŋeŋem ɖe tɔdziʋua me; ke Yesu ya le alɔ̃ dɔm.+ 25 Eye wova nyɔe hegblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, ɖe mí, míeku vɔ!” 26 Ke egblɔ na wo be: “Mi xɔseʋɛtɔwo, nu ka tae vɔvɔ̃ ɖo mi alea?”+ Eye wòtso heblu ɖe ya la kple atsiaƒua ta, eye ɖoɖoe zi toŋtoŋtoŋ.+ 27 Ewɔ nuku na nusrɔ̃laawo ale gbegbe, eye wogblɔ be: “Ame ka gɔ̃e nye esia? Yaƒoƒowo kple atsiaƒu gɔ̃ hã ɖoa toe.”
-
-
Luka 8:23-25Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
23 Esi wole tɔdziʋua me yina la, edɔ alɔ̃. Ke ahom sesẽ aɖe tu le ta la dzi, tsi de asi tɔdziʋu la yɔyɔ me, eye woƒe agbe ɖo afɔku me.+ 24 Eya ta wova egbɔ henyɔe gblɔ be: “Nufiala, Nufiala, míeku vɔ!” Eye wòfɔ heblu ɖe ahom la kple tsi dzeagbo la ta, ale wodze akɔ anyi, eye ɖoɖoe zi toŋtoŋtoŋ.+ 25 Azɔ ebia wo be: “Afi kae miaƒe xɔse le?” Ke wovɔ̃ ale gbegbe eye woƒe nu ku, eye wogblɔ na wo nɔewo be: “Ame ka gɔ̃e nye esia? Elabena eɖea gbe na yaƒoƒo kple tsi gɔ̃ hã, eye woɖoa toe.”+
-