23 “Ekema ne ame aɖe gblɔ na mi be, ‘Kpɔ ɖa, Kristo la le afii!’+ alo ‘Ele afi mɛ!’ la, migaxɔe se o.+24 Elabena aʋatsokristowo kple aʋatsonyagblɔɖilawo+ ado, eye woawɔ dzesi gãwo kple nukunuwo bena, ne woate ŋui la, woaflu+ ame tiatiawo gɔ̃ hã.
8 Eɖo eŋu be: “Mikpɔ nyuie be woagaflu mi o,+ elabena ame geɖewo ava yɔ nye ŋkɔ ɖe wo ɖokuiwo ŋu agblɔ be, ‘Nyee,’ eye woagblɔ be, ‘Ɣeyiɣi ɖoɖi la gogo.’ Migadze wo yome o.+
4Lɔlɔ̃tɔwo, migaxɔ nya sia nya si wobe etso gbɔgbɔ me la dzi se o,+ ke boŋ mido nya si wobe etso gbɔgbɔ me la kpɔ be Mawu gbɔe wòtso hã,+ elabena aʋatsonyagblɔɖila geɖewo do go yi xexea me.+