INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Mateo 9:34
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 34 Ke Farisitɔwo gblɔ be: “Gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia dzie wòtona nyaa gbɔgbɔ vɔ̃wo.”+

  • Mateo 10:25
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 25 Esɔ gbɔ na nusrɔ̃la be wòazu abe eƒe nufiala ene, eye na kluvi be wòazu abe eƒe aƒetɔ ene.+ Ne amewo yɔa aƒea tɔ be Beelzebul*+ la, ɖe womayɔ eƒemetɔwo ya nenema geɖe wu oa?

  • Mateo 12:24-29
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 24 Esi Farisitɔwo se esia la, wogblɔ be: “Gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia Beelzebul* dzie ame sia tona nyaa gbɔgbɔ vɔ̃wo.”+ 25 Esi wònya woƒe susuwo ta la, egblɔ na wo be: “Fiaɖuƒe ɖe sia ɖe si ma ɖe eɖokui ŋu la zua aƒedo, eye du sia du alo aƒe sia aƒe si ma ɖe eɖokui ŋu la mate ŋu ali ke o. 26 Nenema kee ne Satana nyaa Satana doa goe la, ekema ema ɖe eɖokui ŋu; ke aleke eƒe fiaɖuƒea awɔ ali ke? 27 Eye ne Beelzebul dzie metona nyaa gbɔgbɔ vɔ̃wo doa goe la, ekema ame ka dzie mia viwo* ya tona nyaa wo doa goe? Esia tae mia viwo adrɔ̃ ʋɔnu mi ɖo. 28 Ke ne Mawu ƒe gbɔgbɔ dzie metona nyaa gbɔgbɔ vɔ̃wo doa goe la, ekema Mawu Fiaɖuƒe la ɖi ɖe mi ŋutɔŋutɔ.+ 29 Alo aleke ame awɔ age ɖe ame sesẽ aɖe ƒe aƒe me aha eƒe nuwo, ne mebla ame sesẽ la gbã hafi o? Ema ko hafi wòate ŋu aha eƒe aƒe la.

  • Luka 11:15
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 15 Ke wo dometɔ aɖewo gblɔ be: “Gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia Beelzebul* dzie wòtona nyaa gbɔgbɔ vɔ̃wo.”+

  • Yohanes 8:48
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 48 Yudatɔwo gblɔ nɛ be: “Ðe míegblɔe wòsɔ be, ‘Samariatɔ nènye,+ eye gbɔgbɔ vɔ̃ le mewò oa’?”+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe