39 Ke nye la, mele egblɔm na mi be: Migatsi tsitre ɖe ame vɔ̃ɖi la ŋu o, ke boŋ ame si ke ƒo wò ɖusitome la, trɔ ekemɛ hã nɛ.+40 Eye ne ame aɖe di be yeahe wò ayi ʋɔnu ne yeaxɔ wò awutewui la, tsɔ wò awudziwui hã nɛ;+
7 Le nyateƒe me la, ne miekplɔa mia nɔewo yia ʋɔnu la, ekema miedo kpo nu xoxo. Nu ka ta miena wowɔ vɔ̃ ɖe mia ŋu boŋ o?+ Nu ka ta miena wotafa mi boŋ o?