-
Mateo 11:16-19Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
16 “Ame kae matsɔ dzidzime sia asɔ kplii?+ Woɖi ɖevi siwo bɔbɔ nɔ ablɔ me,* eye wodo ɣli gblɔ na wo nɔewo 17 be: ‘Míeku dze na mi, ke mieɖu ɣe o; míedzi konyifaha, ke miefa avi heƒo akɔta o.’ 18 Nenema kee Yohanes va, meɖua nu o, menoa nu o, eye amewo gblɔ be, ‘Gbɔgbɔ vɔ̃ le eme.’ 19 Amegbetɔvi la va, eɖua nu noa nu,+ ke amewo gblɔ be, ‘Kpɔ ɖa! Nu tsu ɖula kple wain tsu nola, adzɔxɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo xɔlɔ̃.’+ Gake nunya ƒe dɔwɔwɔwo* tsoa afia dzɔdzɔe nɛ.”+
-