12 Esi wògogo dua ƒe agbo nu la, kpɔ ɖa, wokɔ ame kuku aɖe si nye vi ɖeka hɔ̃ na dadaa la va yina.+ Ahosi hãe dadaa nye. Ameha gã aɖe hã tso dua me kplɔ nyɔnua ɖo. 13 Esi Aƒetɔ la kpɔ nyɔnua la, eƒe nu wɔ nublanui nɛ,+ eye wògblɔ nɛ be: “Dzudzɔ avifafa.”+