-
Yohanes 16:11Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
11 eye mlɔeba ana woadze si nu si nye ʋɔnudɔdrɔ̃, elabena wodrɔ̃ ʋɔnu xexe sia dzi ɖula la.+
-
-
Nyaɖeɖefia 12:7-9Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
7 Eye aʋa dzɔ le dziƒo: Mikael*+ kple eƒe dɔlawo wɔ aʋa kple ʋɔ driba la, eye ʋɔ driba la kple eƒe dɔlawo wɔ aʋa kpli wo, 8 gake womeɖu dzi o, eye womegakpɔ teƒe aɖeke hã na wo le dziƒo o. 9 Eya ta wotsɔ ʋɔ driba+ gã, si nye da xoxo+ la, si woyɔna be Abosam+ kple Satana,+ ame si le anyigbadzinɔlawo katã blem la,+ ƒu gbe; wotsɔe ƒu gbe ɖe anyigba,+ eye wotsɔ eƒe dɔlawo hã ƒu gbe kpe ɖe eŋu.
-