INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 5 Mose 29:9
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 9 Eya ta milé nubabla sia me nyawo me ɖe asi, eye miwɔ wo dzi, ale be nu sia nu si miawɔ la nadze edzi na mi.+

  • Psalmo 1:1, 2
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 1 Dzidzɔtɔe nye ame si mezɔna ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu o,

      Metsia tsitre ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ƒe mɔ dzi o+

      Eye menɔa anyi ɖe fewuɖulawo ƒe ha me o.+

       2 Ke boŋ ekpɔa dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe se la ŋu,+

      Eye wòxlẽa eƒe se la kple gbe blewu* zã kple keli.+

  • Psalmo 112:1
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 112 Mikafu Yah!*+

      א [Alef]

      Dzidzɔtɔe nye ame si vɔ̃a Yehowa,+

      ב [Bet]

      Ame si kpɔa dzidzɔ ɖe eƒe sededewo ŋu vevie.+

  • Psalmo 119:2
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    •  2 Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo léa eƒe ŋkuɖodzinyawo me ɖe asi,+

      Ame siwo dinɛ tso dzi blibo me.+

  • Mateo 7:21
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 21 “Menye ame sia ame si le gbɔgblɔm nam be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ,’ ye ayi ɖe Dziƒofiaɖuƒe la me o, negbe ame si le Fofonye si le dziƒowo ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe.+

  • Yakobo 1:25
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 25 Ke ame si léa ŋku ɖe se deblibo si naa ablɔɖe la ŋu,+ eye wònɔa edzi ɖaa la, ame sia menye nyasela si ŋlɔa nu be o, ke nyadziwɔla boŋ; eye akpɔ dzidzɔ le nu si wòwɔna la me.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe