INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Mateo 6:20
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 20 Ke boŋ miƒo kesinɔnuwo nu ƒu na mia ɖokuiwo ɖe dziƒo,+ afi si agbagblaʋui alo ɣebia megblẽa nu le o,+ eye fiafitɔwo medzea kpɔ va fia fi le o.

  • Mateo 19:21
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 21 Yesu gblɔ nɛ be: “Ne èdi be yeazu blibo la, yi nàdzra nu siwo le asiwò la nàtsɔ ga la ana ame dahewo, ekema kesinɔnuwo anɔ asiwò le dziƒo;+ eye nàva dze yonyeme.”+

  • Marko 10:21
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 21 Yesu kpɔe dũu, eye wòlɔ̃e, eye wògblɔ nɛ be, “Nu ɖeka susɔ na wò: Heyi nàdzra nu siwo le asiwò la, nàtsɔ ga la ana ame dahewo, eye kesinɔnu anɔ asiwò le dziƒo; eye nàva dze yonyeme.”+

  • Luka 12:33
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 33 Midzra nu siwo le mia si la, eye miatsɔ ga la ana ame dahewo.+ Mitɔ gakotoku siwo megblẽna o, siwo nye nu xɔasi siwo nu mayi o la, na mia ɖokui ɖe dziƒowo,+ afi si fiafitɔ megogona o, eye agbagblaʋui hã megblẽa nu le o.

  • 1 Timoteo 6:18, 19
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 18 Gblɔ na wo be woawɔ nyui, woanye kesinɔtɔwo le dɔ nyuiwo wɔwɔ me, woaʋu asi me, woalɔ̃ faa ana nu ame,+ 19 ale be woadzra kesinɔnu ɖo ɖi dedie na wo ɖokuiwo, wòanye gɔmeɖoanyi nyui na etsɔ si gbɔna,+ be woƒe asi nasu agbe vavã la dzi.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe