2 Elabena miawo ŋutɔwo mienyae nyuie be, Yehowa ƒe ŋkeke la+ gbɔna abe ale si tututu fiafitɔ vana le zã me ene.+ 3 Ne wole gbɔgblɔm be, “Ŋutifafa kple dedienɔnɔ!” la, ekema tsɔtsrɔ̃ kpata ava wo dzi kpoyi,+ abe ale si fuɖuame va lilia funɔ ene, eye womate ŋu asi le enu le mɔ aɖeke nu o.