-
Mateo 20:25-27Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
25 Ke Yesu yɔ wo va eɖokui gbɔ gblɔ na wo be: “Mienyae be dukɔwo ƒe dziɖulawo ɖua aƒetɔ ɖe wo dzi, eye amegãwo kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi.+ 26 Meganɔ alea le mia dome o;+ ke boŋ ame sia ame si di be yeanye gã le mia dome la nanye miaƒe subɔla,+ 27 eye ame sia ame si di be yeanye gbãtɔ le mia dome la nanye miaƒe kluvi.+
-
-
Marko 10:42-44Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
42 Ke Yesu yɔ wo va eɖokui gbɔ gblɔ na wo be: “Mienyae be ame siwo wobuna dukɔwo dzi ɖulawo la ɖua aƒetɔ ɖe wo dzi, eye woƒe amegãwo kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi.+ 43 Meganɔ alea le mia dome o; ke boŋ ame sia ame si di be yeanye gã le mia dome la nanye miaƒe subɔla,+ 44 eye ame sia ame si di be yeanye gbãtɔ le mia dome la nanye mi katã miaƒe kluvi.
-