-
Luka 9:46-48Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
46 Azɔ nyaʋiʋli ɖo wo dome le wo dometɔ si nye gãtɔ la ŋuti.+ 47 Esi Yesu nya woƒe dzimesusuwo ta la, ekplɔ ɖevi aɖe vɛ hena wòtɔ ɖe egbɔ, 48 eye wògblɔ na wo be: “Ame sia ame si xɔa ɖevi sia le nye ŋkɔ ta la, exɔa nye hã; eye ame sia ame si xɔam la, exɔa Ame si dɔm ɖa la hã.+ Elabena ame si wɔa eɖokui suetɔ le mi katã mia dome lae nye gãtɔ.”+
-