INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 2 Mose 16:29
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 29 Mide dzesii be esi Yehowa na Sabat la mi+ tae wòna ŋkeke eve ƒe abolo mi le ŋkeke adelia dzi ɖo. Ame sia ame nenɔ enɔƒe, ame aɖeke megadzo le enɔƒe le ŋkeke adrelia dzi o.”

  • 2 Mose 20:9, 10
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 9 Ŋkeke ade nàwɔ dɔ, eye nàwɔ wò dɔwo katã,+ 10 ke ŋkeke adrelia nye sabat na Yehowa wò Mawu. Mègawɔ dɔ aɖeke o, eɖanye wò ŋutɔ alo viwòŋutsu alo viwònyɔnu, wò kluvi alo wò kosi alo wò lã alo wò amedzro si le mia nɔƒewo*+ o.

  • 2 Mose 31:15
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 15 Ŋkeke ade miawɔ dɔ, ke ŋkeke adrelia anye dzudzɔ blibo ƒe sabat.+ Anɔ kɔkɔe na Yehowa. Ame sia ame si wɔ dɔ le Sabat ŋkeke dzi la, woawui.

  • 5 Mose 5:12
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 12 “‘Ðo ŋku Sabat ŋkeke la dzi ne nàwɔe kɔkɔe, abe ale si tututu Yehowa wò Mawu de se na wò ene.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe