INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Yohanes 2:1-11
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 2 Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, woɖu srɔ̃ɖeŋkekenyui le Kana le Galilea, eye Yesu dada hã va afi ma. 2 Wokpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo hã va srɔ̃ɖeŋkekenyuia ɖuƒe.

      3 Esi wain vɔ le wo si la, Yesu dada gblɔ nɛ be: “Wain vɔ le wo si.” 4 Ke Yesu gblɔ nɛ be: “Nyɔnu, afi kae nya sia ka na nye kpli wò?* Nye gaƒoƒo la meɖo haɖe o.” 5 Dadaa gblɔ na ame siwo le subɔsubɔm la be: “Nu sia nu si wòagblɔ na mi la, miwɔe.” 6 Woɖi kpezɔ ade ɖe afi ma abe ale si Yudatɔwo+ ƒe ŋutikɔkɔɖoɖoa bia ene, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu axɔ tsi dzidzenu* eve alo etɔ̃. 7 Yesu gblɔ na wo be: “Midu tsi ɖe zɔawo me woayɔ.” Eya ta wodu tsia kɔ ɖe wo me woyɔ banaa. 8 Eye wògblɔ na wo be: “Azɔ miku ɖe yi na srɔ̃ɖeɖoɖoa dzi kpɔla la.” Eye wokui yi. 9 Ke esi srɔ̃ɖeɖoɖoa dzi kpɔla la ɖɔ tsi si wotrɔ wòzu wain la kpɔ evɔ menya afi si wòtso o (togbɔ be subɔla siwo ku tsia yii ya nya hã) la, srɔ̃ɖeɖoɖoa dzi kpɔla la yɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la 10 hegblɔ nɛ be: “Ame sia ame tsɔa wain nyuitɔ ɖoa anyi gbã, eye ne wonoe mu vɔ la, etsɔa manyomanyoa vanɛ. Wò ya èdzra wain nyui la ɖo va se ɖe fifia.” 11 Yesu wɔ nu sia le Kana le Galilea wònye eƒe nukunu* gbãtɔ, eye wòna eƒe ŋutikɔkɔe la dze;+ ale eƒe nusrɔ̃lawo xɔ edzi se.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe