-
Marko 6:47-51Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
47 Esi fiẽsi ɖo la, tɔdziʋu la ɖo ƒu la titina, ke eya ɖeka susɔ ɖe go dzi.+ 48 Eye esi wòkpɔ be ʋua kuku le sesẽm na wo, elabena ya ƒo va le wo kpem, anɔ zã ƒe ŋudzɔɣi enelia* lɔƒo la, ezɔ ƒua dzi gbɔna wo gbɔ; ke ewɔ abe ɖe wòdi be yeato wo ŋu ayi ene. 49 Esi wokpɔe wòle ƒua dzi zɔm la, wobia wo ɖokuiwo be: “Drɔ̃e yea?” Eye wodo ɣli. 50 Elabena wo katã wokpɔe, eye dzika tso wo ƒo. Ke eƒo nu gblɔ na wo enumake be: “Miaƒe dzi nedze eme! Nyee; migavɔ̃ o.”+ 51 Ege ɖe tɔdziʋua me le wo gbɔ, eye ya la dzudzɔ ƒoƒo. Eye woƒe nu ku ŋutɔ,
-