-
Mateo 14:24-33Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
24 Afi si tɔdziʋua ɖo ɣemaɣi la gbɔ didi ʋĩi* tso gota, eye ƒutsotsoewo nɔ tɔdziʋua nyamam, elabena ya ƒo va le wo kpem. 25 Ke le zã ƒe ŋudzɔɣi enelia* me la, ezɔ to ƒua dzi gbɔna wo gbɔ. 26 Esi nusrɔ̃lawo kpɔe wòle ƒua dzi zɔm la, dzika tso wo ƒo eye wogblɔ be: “Drɔ̃e yea?” Eye vɔvɔ̃ ɖo wo wodo ɣli. 27 Ke Yesu ƒo nu kpli wo enumake be: “Milé dzi ɖe ƒo! Nyee; migavɔ̃ o.”+ 28 Petro ɖo eŋu nɛ be: “Aƒetɔ, nenye wòe la, ekema na mazɔ tsia dzi ava gbɔwò.” 29 Egblɔ be: “Va!” Ale Petro ɖi le tɔdziʋua me, eye wòzɔ tsia dzi ɖo ta Yesu gbɔ. 30 Ke esi wòkpɔ ale si ya la le ƒoƒom sesĩe la, evɔ̃, eye esi wòde asi toyiyi me la, edo ɣli be: “Aƒetɔ, xɔ nam!” 31 Enumake Yesu do asi ɖa lée gblɔ nɛ be: “Wò xɔseʋɛtɔ, nu ka ŋuti nèke ɖi?”+ 32 Esi woge ɖe tɔdziʋua me la, ya sesẽ la tɔ. 33 Eye nusrɔ̃la siwo le tɔdziʋua me la bɔbɔ nɛ gblɔ be: “Mawu Vie nènye vavã!”
-