54 Esi wòva wo de la,+ ede asi nufiafia wo me le woƒe ƒuƒoƒe la, eye woƒe mo wɔ yaa wobia be: “Afi kae ame sia kpɔ nunya sia kple ŋusẽ tsoe tsɔ le ŋusẽdɔ siawo gbegbe wɔm?+
2 Esi Sabat ɖo la, ede asi nufiafia me le ƒuƒoƒe la, eye ame siwo se eƒe nyawo la dometɔ akpa gãtɔ ƒe nu ku, eye wogblɔ be: “Afi kae ame sia kpɔ nu siawo tsoe?+ Nu ka tae woana nunya sia gbegbee, eye aleke wɔ wòte ŋu le ŋusẽdɔ siawo gbegbe wɔm?+
46 Ke le ŋkeke etɔ̃ megbe la, wova ke ɖe eŋu le gbedoxɔa me wòbɔbɔ nɔ nufialawo dome le to ɖom wo eye wòle nya biam wo. 47 Gake ame siwo katã le to ɖomee la ƒe mo wɔ yaa le eƒe nugɔmesese kple eƒe ŋuɖoɖowo ŋuti.+
13 Ke esi wokpɔ ale si Petro kple Yohanes ƒo nu kakaɖedzitɔe, evɔ wonya be womenya agbalẽ o,* eye wonye ame tsɛwo+ la, woƒe mo wɔ yaa ŋutɔ. Ale wova dze sii be wonɔ Yesu ŋu.+