8 Amehawo dometɔ akpa gãtɔ ɖo woƒe awudziwuiwo ɖe mɔa dzi,+ eye bubuwo lã atilɔwo ɖo ɖe mɔa dzi keŋ. 9 Ke ameha siwo dze ŋgɔ kple esiwo le megbe la le ɣli dom be: “Míeɖe kuku, xɔ na David Vi la,+ Woayra ame si gbɔna le Yehowa ƒe ŋkɔ me!+ Míeɖe kuku, xɔ nɛ, wò, ame si le dziƒo ʋĩi!”+