11 Egblɔ na wo be: “Miawo la, wona miese Mawu Fiaɖuƒe la ƒe nya ɣaɣla kɔkɔe+ la gɔme, ke ame siwo le egodo ya la, nuwo katã le lododowo me na wo,+12 ale be togbɔ be wole nu kpɔm hã la, womakpɔ nu adze sii o, eye togbɔ be wole nu sem hã la, womase egɔme o; eye womatrɔ gbeɖe ne woatsɔe ake wo o.”+
27 Elabena dukɔ sia ƒe dzi ku atri, wosee kple woƒe towo, ke womewɔ edzi o, eye womia woƒe ŋkuwo, ne woagakpɔ nu kple woƒe ŋkuwo, eye woase nu kple woƒe towo, eye woatsɔ woƒe dziwo ase egɔme, be woatrɔ ne mada gbe le wo ŋu o.” ’+