14 Eye Ame Wuieveawo dometɔ ɖeka si woyɔna be Yuda Iskariot+ la yi nunɔlawo ƒe tatɔwo gbɔ+15 ɖabia wo be: “Nu kae mianam ne madee asi na mi?”+ Wogblɔ be yewoana klosalo blaetɔ̃e.+16 Eye tso ɣemaɣi la, enɔ mɔnu dim be yeadee asi.
24 Nyateƒee, Amegbetɔvi la le kuku ge abe ale si woŋlɔe ɖi le eŋuti ene, gake baba+ na ame si ade Amegbetɔvi la asi!+ Ne ɖe womegaxa ame ma dzi o la, anye ne enyo nɛ wu.”+
10 Eye Yuda Iskariot, si nye Ame Wuieveawo dometɔ ɖeka, yi nunɔlawo ƒe tatɔwo gbɔ be yeade Yesu asi na wo.+11 Esi wose nyaa la, dzi dzɔ wo ŋutɔ, eye wodo ŋugbe be yewoana klosalogae.+ Eya ta enɔ mɔnu dim be yeadee asi.