19 Ne wode mi asi la, migatsi dzimaɖi le ale si miaƒo nui alo nya si miagblɔ ŋuti o, elabena woatsɔ nya si miagblɔ la ana mi le gaƒoƒo ma me,+20 elabena menye miawo ɖeɖee aƒo nu o, ke boŋ mia Fofo ƒe gbɔgbɔ la aƒo nu to mia dzi.+
13 Ke ne eya,* si nye nyateƒegbɔgbɔ+ la, va ɖo la, akpe ɖe mia ŋu miase nyateƒe la gɔme bliboe, elabena maƒo nu le eɖokui si o, ke boŋ nu siwo wòse lae wòagblɔ, eye wòagblɔ nu siwo ava dzɔ la na mi.+
27 Ke le miawo ya gome la, ami si wosi+ na mi la kpɔtɔ le mia me, eye mehiã be ame aɖeke naganɔ nu fiam mi o; ke boŋ amisisiname si tso egbɔ la le nuwo katã fiam mi,+ eye wònye nyateƒe ke menye aʋatso o. Ale si tututu wòfia mii la, miyi edzi miawɔ ɖeka kplii.+