INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Luka 19:10
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 10 Elabena Amegbetɔvi la va be yeadi ame siwo bu la ahaɖe wo.”+

  • Yohanes 12:47
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 47 Ke ne ame aɖe sea nye nyawo, eye mewɔa wo dzi o la, nyemedrɔ̃a ʋɔnui o; elabena nyemeva ʋɔnu drɔ̃ ge xexea o, ke boŋ be maɖe xexea.+

  • 1 Korintotɔwo 15:22
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 22 Elabena ale si ko amewo katã kuna le Adam me la,+ nenema kee woagbɔ agbe wo katã hã le Kristo me.+

  • 2 Korintotɔwo 5:18, 19
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 18 Ke nuwo katã tso Mawu gbɔ, eya, ame si dzra mía kplii dome ɖo to Kristo dzi,+ eye wòtsɔ subɔsubɔdɔ si dzraa amewo kple Mawu dome ɖo la de asi na mí,+ 19 si nye be Mawu to Kristo dzi nɔ eya kple xexea dome dzram ɖo,+ ale be megabu woƒe vodadawo na wo o,+ eye wòtsɔ nya si dzraa eya kple amewo dome ɖo la de asi na mí.+

  • 1 Timoteo 1:15
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 15 Nya sia nye nyateƒe, eye wòdze be woalɔ̃ ɖe edzi bliboe be: Kristo Yesu va xexea me be yeaɖe nu vɔ̃ wɔlawo.+ Nyee nye ame siawo dometɔ gãtɔ.+

  • 1 Yohanes 2:1, 2
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 2 Vinye lɔlɔ̃awo, mele nu siawo ŋlɔm ɖo ɖe mi, ale be miagawɔ nu vɔ̃ o. Gake ne edzɔ be ame aɖe wɔ nu vɔ̃ la, kpeɖeŋutɔ* le mía si le Fofo la gbɔ, si nye Yesu Kristo,+ dzɔdzɔetɔ la.+ 2 Eye eyae nye avulévɔsa+ ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta,+ gake menye ɖe mía tɔ ɖeɖe ko ta o, ke ɖe xexe blibo la hã tɔ ta.+

  • 1 Yohanes 4:14
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 14 Azɔ hã, míawo ŋutɔwo míekpɔ esia eye míele ɖase ɖim be, Fofo la dɔ Via ɖa be wòanye xexea ɖela.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe