INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Yesaya 53:7, 8
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    •  7 Wotee ɖe anyi,+ eye wòɖe mɔ wowɔ fui,+

      Ke meke nu o.

      Wokplɔe abe alẽ ene yi wuwuƒe;+

      Abe ale si alẽnɔ zia ɖoɖoe le eƒe fukolawo ŋkume ene,

      Ke meke nu o.+

       8 Wozi edzi,* eye wodrɔ̃ ʋɔnui hekplɔe yii;

      Eye ame kae atsi dzi ɖe eƒe dzidzimeŋunyawo* ŋu?

      Elabena woɖee ɖa le agbagbeawo ƒe anyigba dzi;+

      Woƒoe* le nye dukɔ ƒe dzidada ta.+

  • Daniel 9:26
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 26 “Eye le kwasiɖa blaade vɔ eve la megbe la, woaɖe Mesia la ɖa,*+ eye naneke masusɔ nɛ o.+

      “Eye kplɔla aɖe si gbɔna la ƒe aʋakɔ agbã du la kple kɔkɔeƒe la.+ Eƒe nuwuwu ava abe tsiɖɔɖɔ ene. Aʋawɔwɔ anɔ anyi va se ɖe nuwuwu la; nu si woɖoe nye aƒedozuzu.+

  • Filipitɔwo 2:8
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 8 Azɔ hã, esi wòva abe amegbetɔ ene* la, ebɔbɔ eɖokui, eye wòɖo to yi ɖase keke ku me ke,+ ɛ̃, yi ɖase ku me le fuwɔameti* ŋu.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe