-
2 Korintotɔwo 11:23-26Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
23 Kristo ƒe subɔlawoe wonyea? Mele eŋu ɖom abe ame si ƒe tame da ene be, menyee wu wo: mewɔ dɔ geɖe wu,+ menɔ gaxɔ me zi geɖe wu,+ zi ale si woƒom la mele xexlẽ me o, eye meɖo kudo nu zi geɖe.+ 24 Zi gbɔ zi atɔ̃ sɔŋ Yudatɔwo ƒom ƒoƒo blaene, ɖeka koe do le eme,+ 25 zi etɔ̃ woƒom kple ati,+ zi ɖeka woƒu kpem,+ menɔ tɔdziʋu me wògbã zi etɔ̃,+ metsi atsiaƒu dzi zã blibo ɖeka kple ŋkeke blibo ɖeka; 26 mezɔ mɔ enuenu, meɖo ŋɔdzi me le tɔsisiwo dzi, meɖo ŋɔdzi me le adzodalawo si me, meɖo ŋɔdzi me le nye ŋutɔ nye dukɔmeviwo dome,+ meɖo ŋɔdzi me le dukɔwo dome,+ meɖo ŋɔdzi me le du me,+ meɖo ŋɔdzi me le gbedzi, meɖo ŋɔdzi me le atsiaƒu dzi, meɖo ŋɔdzi me le aʋatsonɔviwo dome;
-